Luke 3:15-17

15Ame sia ame kloe nɔ mɔ kpɔm be Mesia la ava kpuie le ŋkeke mawo me ale be wotsi dzi vevie be yewoanya nenye be Yohanes enye amea loo alo menye eyae o? Biabia sia koe nɔ nu na ame sia ame eye wonɔ nu ƒom le eŋu le afi sia afi. 16Yohanes ɖo wo ƒe biabia la ŋu hegblɔ na wo be, “Nye la tsi metsɔ le tsi dem ta na amewoe, gake ame aɖe gbɔna kpuie, ame si si ŋusẽ le wum boo, le nyateƒe me la, nyemedze ŋutɔ gɔ̃ hã be manye eƒe subɔvi o. Eya ade mawutsi ta na mi kple dzo kpakple Gbɔgbɔ Kɔkɔe. 17Ame sia ama atsa la ɖa tso blia gbɔ, atɔ dzo atsa la kple dzomavɔ la eye wòadzra blia ɖo ɖe eƒe avawo me.”
Copyright information for EweBEE